Le dɔa wɔwɔ me la, wotsɔ gɔmeɖeɖe gbãtɔwo fia mawunyanyalawo, gbegbɔgblɔ ŋuti nunyalawo kple Kristotɔ vovovowo, eye woto wo me, na woƒe susuwo. Ke tɔtrɔ ɖe sia ɖe si wowɔ la, woka ɖe edzi be esɔ ɖe Hebrigbe kple Helagbe me Nya Nyui la dzi tututu.
Eʋe Biblia si gɔme woɖe yeyee la, wodze egɔmeɖeɖe gɔme do ŋgɔ na ƒe 1860 wota Nubabla Yeye la zi gbãtɔ le ƒe 1877 me, eye wodzro eme hegbugbɔ ta le ƒe 1898 kple 1913 me. Le 1914 me la, wota Biblia blibo la le London. Ke le Xexemeʋagã gbãtɔ ta, 1919 me hafi wòva ka exlẽlawo si le Afrika. Le 1929 kple 1931 me la, wogbugbɔ Biblia la me to, wɔ ɖɔɖɔɖowo. Esia nye gɔmeɖeɖe si nɔ mía si do ŋgɔ na yeye sia.
Le ƒe siwo kplɔ gɔmeɖeɖe gbãtɔ sia ɖo me la, mawunyagɔmekuku kple gbegbɔgblɔ ŋuti nusɔsrɔ̃ he nu yeye geɖewo ɖe go. Wofɔ ŋɔŋlɔ xoxo geɖe siwo do ŋgɔ na esiwo dzi wotu gɔmeɖeɖe gbãtɔ ɖo la. Hebrigbe kple Helagbe siwo wotsɔ ŋlɔ Biblia lae la gɔmesese gadzi ɖe edzi, eye gbegbɔgblɔ gɔmeɖeɖe ŋuti nunya hã gakeke ta ɖe edzi. Gawu la, edze ƒãa be Eʋegbe si le gɔmeɖeɖe xoxoa ƒe akpa aɖewo la me menyasena tututu o. Nu siawo katã wɔe be woagbugbɔ Biblia la gɔme aɖe yeyee. Gɔmeɖeɖe yeye sia nye agbagbadzedze allde le dɔ vevi sia ŋu. Ke enye tutuɖedzi ko. Kristotɔwo ƒe dɔ vevi wònye be woanɔ ŋku lém ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la ŋu, eye woaɖe egɔme tso Biblia xoxo akuakuawo me ɖe mía degbe si gɔme amewo se nyuie la me. Eya ko hafi míate ŋu ase Nya nyui la gɔme nyuie, eye míanɔ agbe ɖe enu.
Nu yeye ɖekaɖeka aɖewo le gɔmeɖeɖe yeye sia me. Gbã la, woŋlɔ kpɔkplɔyiɖeme kpui aɖe na agbalẽ ɖe sia ɖe, eye wona emenyawo ƒe tòtoɖeme. Míele mɔ kpɔm be esia akpe ɖe agbalẽxlẽla la ŋu, be wòate ŋu alé nyaawo ɖe ta me bɔbɔe. Evelia, woma taawo kple nyaxexlẽawo ɖe tanya vovovowo te bene nya vevi siwo le nyadzɔdzɔ kple susu ɖeka nu la nadze ƒãa. Woŋlɔ Biblia ƒe akpa bubu siwo ŋutinya alo nya tɔxɛ aɖe le la ɖe tanya la te be woate ŋu adii, ake ɖe eŋu kaba. Etɔ̃lia, wode nya siwo mele mawunyagbalẽ xoxo gbãtɔwo katã me o la kpɔtɔtɔdzesi sia […] ƒomevi me. Enelia, woɖe nya tɔxɛ aɖewo gɔme, alo kɔ gɔmeɖeɖe tovovowo ŋuti ɖe axa la te. Esia ana be Biblia me dzodzro nanɔ bɔbɔe, eye woase nu si ta wowɔ gɔmeɖeɖe bubu aɖe ŋu dɔ le gɔmeɖeɖe yeye sia me. Atɔ̃lia, woɖe Biblia me ŋkɔ kple nya tɔxɛ siwo gɔmesese mele bɔbɔe o la me ɖe agbalẽa ƒe nuwuwu. Mlɔetɔ, wode nɔnɔmetata kple anyigbatata aɖewo gɔmeɖeɖe sia me, be woakpe ɖe nyaxlẽla ŋu wòate ŋu akpɔ nu siwo va me kple teƒe siwo wova me le la le eƒe susu me.